1 Thessalonians 3

Wodɔ Timoteo ɖo ɖe Tesalonika

1Mlɔeba, esi míate ŋu agado dzi o la, míeɖoe be míawo ɖeɖe míatsi Atene 2eye míeɖo Timoteo, mía nɔvi kple hadɔwɔla; Mawu ƒe dɔla si ɖea gbeƒã Kristo ƒe nyanyui la ɖe mi be wòava do ŋusẽ miaƒe xɔse eye wòade dzi ƒo na mi, 3ale be miate ŋu alé dzi ɖe ƒo le miaƒe fukpekpe siawo katã me. Gake mienya bena fukpekpe mawo nye Mawu ƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖe na mi kristotɔwo. 4Esi míenɔ mia gbɔ gɔ̃ hã la, míegblɔe na mi do ŋgɔ bena fukpekpe kple yometiti ava kpuie abe ale si wòva dzɔe ene.

5Abe ale si megblɔ va yi ene la, esi míekpɔ be míaƒe mia gbɔ vava le megbe tsim akpa la, míeɖo Timoteo ɖa be wòakpɔe ɖa be miaƒe xɔse gale te sesĩe mahã. Mevɔ̃ be ɖewohĩ Satana va kplɔ mia dometɔ vevitɔ aɖewo dzoe eye míaƒe agbagbadzedzewo katã zu dzodzro.

Timoteo he dzidzɔnya vɛ

6Azɔ la Timoteo trɔ gbɔ eye wòtsɔ dzidzɔnya sia vɛ na mí be miaƒe xɔse kpe lɔlɔ̃ le Aƒetɔ la me gale te sesĩe ko abe tsã ene, eye be mieɖoa ŋku míaƒe mia gbɔ vava dzi kple dzidzɔ, eye miedi vevie be yewoakpɔ mí abe ale si míawo hã míedi vevie be míakpɔ mi ene. 7Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, míaƒe dziwo kpɔ akɔfafa, le míaƒe hiãwo kple fukpekpewo me le afii, elabena míenya azɔ be miele te sesĩe nyateƒetɔe le Aƒetɔ la me. 8Míawo la, míate ŋu atsɔ fu ɖe sia ɖe zi ale si míenyae be miele te sesĩe le Aƒetɔ la me.

9Ale ke míawɔ ada akpe na Mawu wòade eteƒe ɖe mia ta ɖe dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe Mawu la ŋkume le mia ta? 10Elabena zã kple keli la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta atradii; míebiaa Mawu be wòaɖe mɔ be míagakpɔ mi, ale bena mate ŋu aɖe kuxi aɖewo siwo aganɔ fu ɖem na miaƒe xɔse la ɖa. 11Mawu mía Fofo la ŋutɔ kple míaƒe Aƒetɔ Yesu nagagbugbɔ mí ɖo ɖe mia gbɔ. 12Eye Aƒetɔ la nawɔe be miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ agbã go abe ale si míaƒe lɔlɔ̃ na mi le la ene. 13Esia ana be Mawu mía Fofo la nana be miaƒe dziwo nakpɔ ŋusẽ, anɔ dzadzɛ, kɔkɔe ale be miate ŋu ado ɖe eŋkume fɔɖiɖimanɔŋui nenye be míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo trɔ gbɔ kple ame siwo katã nye etɔ.

Copyright information for EweBEE